Ephesians 2

Tso ku me yi agbe me

1Tsã la mienɔ Mawu ƒe fĩƒode te, eye miaƒe nu vɔ̃wo na be mieyina ɖe tsɔtsrɔ̃ mavɔ me. 2Miedze ameha la yome eye miele ko abe ame bubuwo ene; mieyɔ fũ kple nu vɔ̃, eye miedze Satan, ŋusẽ si le yame la ƒe fiavi la yome; ame si gale dɔ wɔm fifi laa le ame siwo tsi tre ɖe Aƒetɔ la ŋuti ƒe dziwo me. 3Mí katã míenɔ ko abe ame mawo ene tsã, míaƒe agbe ɖea nu vɔ̃ɖi siwo le mía me la fiana, eye míewɔa nu vɔ̃ siwo me míaƒe dzodzro vɔ̃wo kple susu vɔ̃wo kplɔa mí denae. Míedze agbe baɖa nɔnɔ gɔme elabena wodzi mí kple dzɔdzɔme vɔ̃ɖi ale míenɔ Mawu ƒe dɔmedzoe la te abe ame bubu ɖe sia ɖe ene.

4Gake Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ gbã go ŋutɔ eye wòlɔ̃ mí hã ale gbegbe be 5togbɔ be míeku le gbɔgbɔ me, eye woƒo fi de mí be míatsrɔ̃ le míaƒe nu vɔ̃wo ta hã la, egbugbɔ míaƒe agbe la tsɔ na mí esi wòfɔ Kristo tso ame kukuwo dome, ale be eƒe amenuveve gã la koe ɖe mi, 6eye wokɔ mí do goe le yɔdo la me yi ɖe ŋutikɔkɔe me kple Kristo, le dziƒonutowo me, afi si míebɔbɔ nɔ anyi kplii le, ɖe dɔ gã si Kristo Yesu wɔ na mí la ta. 7Azɔ Mawu ate ŋu afia asi mí eye wòatsɔ mí aɖo kpɔɖeŋui ɣesiaɣi na eƒe amenuveve sɔgbɔ la, ɖe dɔ gã si wòwɔ na mí to Yesu Kristo me la ta.

8Le eƒe amenuveve sɔgbɔ la ta la, miekpɔ ɖeɖe to Kristo dzixɔse me. Dzixɔse si le mia si le eya amea me gɔ̃ hã la menye nu si tso miawo ŋutɔwo gbɔ o; ke boŋ eya hã nunanae wònye tso Mawu gbɔ. 9Ɖeɖekpɔkpɔ menye fetu na mí le míaƒe dɔ nyui siwo míewɔ la ta o, eya ta mía dometɔ aɖeke mate ŋu aƒo adegbe le eta o. 10Mawu ŋutɔe wɔ mí nu si míenye eye wòtsɔ agbe yeye si tso Yesu Kristo gbɔ la na mí. Eɖoe da ɖi na mí tso gbe aɖe gbe ke be míatsɔ máiƒe agbe sia akpe ɖe ame bubuwo ŋui.

Míele ɖeka le Kristo me

11Migaŋlɔ be akpɔ be tsã la, mienye Trɔ̃subɔlawo, eye Yudatɔwo yɔ mi be mawumavɔ̃lawo kple ame makɔmakɔwo o. Ke togbɔ be wowɔa mawuvɔ̃lawo ƒe ɖoɖowo kple kɔnuwo dzi pɛpɛpɛ hã la, woƒe dziwo me mekɔ o, evɔ wona wotso aʋa hã na wo abe mawuvɔvɔ̃ ƒe dzesi ene hafi. 12Miɖo ŋku edzi be le ɣemaɣiwo me la, mienɔ agbe Kristo manɔmee. Mienye futɔ na Mawu viwo eye Mawu medo ŋugbe aɖeke be yeakpe ɖe mia ŋuti o. Ale miebu keŋkeŋ. Mawu menɔ mia si o, eye mɔkpɔkpɔ aɖeke hã menɔ mia si o. 13Ke azɔ la, mienye Kristo Yesu tɔ, eye togbɔ be mienɔ adzɔge ke tsã tso Mawu gbɔ hã la, azɔ wokplɔ mi va egbɔe, ɖe nu si Yesu Kristo wɔ ɖe mia ta kple eƒe ʋu la ta.

14Elabena Kristo ŋutɔe nye mɔ si dzi míato akpɔ ŋutifafa. Ewɔ ŋutifafa le mí Yudatɔwo kple mi Trɔ̃subɔlawo dome to ale si wòwɔ mí katã ƒome ɖeka me tɔwoe la me eye wòɖe vlodoame si nɔ mía dome tsã la ɖa. 15To eƒe ku me la, eɖe ale si mí kple miawo míenyina tsã o la ɖa. Yudatɔwo ƒe se siawoe he fuléle siawo vɛ elabena seawo de Yudatɔwo dzi eye wotsi tre ɖe Trɔ̃subɔlawo ŋuti. Ale wòku bena wòate fli ɖe Yudatɔwo ƒe seawo kple woƒe ɖoɖowo katã me. Emegbe ewɔ mí kple ame siwo menyina tsã o la ɖekae le eƒe ŋutilã me; eye esi wòtsɔ mí wɔ ame yeye ɖekae mlɔeba la, ŋutifafa va. 16Abe ame siwo nye ŋutilã ɖeka ƒe akpa vovovowo ene la, míaƒe dɔmedzoe ɖe mia nɔewo ŋuti nu tsi keŋkeŋ, elabena wodzra mí ame eve la katã dome ɖo eye ɖekawɔwɔ nɔ mí kple Mawu dome. Mlɔeba la, dzrehehe la wu nu le atitsoga la ŋuti. 17Azɔ la etsɔ ŋutifafa ƒe nyanyui la vɛ na mi Trɔ̃subɔla siwo nɔ adzɔge ke tso egbɔ kple mí Yudatɔ, siwo te ɖe eŋu. 18Azɔ la mí katã míeɖanye Yudatɔwo alo Trɔ̃subɔlawo, míate ŋu ato Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpekpeɖeŋu kple nu si Kristo wɔ ɖe mía ta la me, ate ɖe Mawu, Fofo la, ŋuti. 19Azɔ la mieganye amedzrowo na Mawu kple dziƒofiaɖuƒe la o, ke boŋ mienye Mawu ŋutɔ ƒe ƒometɔwo kple Mawu ƒe dumetɔwo eye mi kple kristotɔ bubuwo katã mienye Mawu ƒe aƒemetɔwo azɔ.

20Mikpɔ gɔmeɖokpe sesẽ si dzi wotu mi ɖo la ɖa! Wotu mi ɖe apostoloawo kple nyagblɔɖilawo dzi eye xɔa ƒe dzogoedzikpee nye Yesu Kristo ŋutɔ! 21Mí ame siwo katã xɔe se la, wowɔ mí ɖekae kple Kristo le ɖoɖo tɔxɛ me abe gbedoxɔ nyui si tum wole na Mawu eye wòle dzi dem nyuie gbe sia gbe la ƒe akpa aɖewo ene. 22Eye wotsɔ miawo hã wɔ ɖekae kple ame siawo ale to Gbɔgbɔ la dzi mienye Mawu ƒe nɔƒe sia ƒe akpa aɖe.

Copyright information for EweBEE